John 13

Yesu klɔ eƒe nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo ŋuti

1Azɔ esusɔ ŋkeke ɖeka ko ne Ŋutitotoŋkekenyui la naɖo eye Yesu nya be ɣeyiɣia de be yeadzo le xexeame atrɔ ayi fofoa gbɔ. Elɔ̃ etɔ siwo le xexeame ŋutɔ, eye wògaɖe lɔlɔ̃ sia fia. 2Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ fiẽnuɖuƒe. Do ŋgɔ la, Satana dee tame na Yuda Iskariɔt, Simɔn vi la, be wòayi aɖade Yesu asi. 3Yesu nya be fofo la tsɔ ŋusẽwo katã na ye. Enya hã be, Mawu gbɔe yetso va eye yeagatrɔ ayi Mawu gbɔ. 4Le sia ta Yesu tsi tre le fiẽnuɖukplɔ̃a ŋu eye wòɖe eƒe awu da ɖi hetsɔ tsiletsɛ sa ɖe ali. 5Etsɔ gagba ku tsi ɖe ame eye wòde asi nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo kɔklɔ me. Ne eklɔ ame aɖe tɔ vɔ la, etsɔa tsiletsɛ si wòsa ɖe ali la ƒe akpa aɖe tutua wo ŋui. 6Esi wòɖo Petro dzi be wòaklɔ eƒe afɔwo nɛ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, mele be wò nàklɔ míaƒe afɔwo ŋuti na mí o.”

7Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Mase nu si ta mele ewɔm la gɔme fifia o, gake ava se egɔme emegbe.” 8Ke hã Petro gbe be Yesu maklɔ yeƒe afɔwo o. Egblɔ na Yesu be, “Gbeɖe, màklɔ nye afɔwo ŋuti o.”

Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ne nyameklɔ wò afɔwo o la, ekema màkpɔ gome aɖeke tso gbɔnye o.”

9Petro do ɣli gblɔ be, “Ne ele nenema la, ekema menye nye afɔwo ko o, ke boŋ klɔ nye asiwo kple nye ta hã.”

10Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Ame si le tsi xoxo la, afɔkɔklɔ koe hiã nɛ bena eŋuti nakɔ nyuie. Wò la, ŋutiwò kɔ, gake menye ame sia ame si le afi sia la ŋutie kɔ o.” 11Yesu gblɔ nya sia elabena enya ame si gbɔna ye de ge asi. 12Esi wòklɔ nusrɔ̃lawo ƒe afɔwo vɔ la, etsɔ eƒe awu do, nɔ anyi eye wòbia wo be, “Miese nu si mewɔ la gɔmea? 13Miawo la mieyɔam be, ‘Aƒetɔ’ kple ‘Nufiala’, eye esia le eme vavã. 14Minya be esi nye, miaƒe Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ miaƒe afɔwo ŋu la, ele na miawo hã be miaklɔ mia nɔewo ƒe afɔwo. 15Kpɔɖeŋu wònye mena mi eya ta miwɔ ɖe kpɔɖeŋu sia dzi. 16Enye nyateƒe be subɔvi mekɔna wua eƒe aƒetɔ o, eye dɔtsɔla hã mewua ame si dɔe o. 17Mienya esiawo eya ta miwɔ nenema be woahe yayra geɖe vɛ na mi.

Yesu gblɔ Petro ƒe nugbegbe le egbɔ ɖi

18“Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’ Nya sia ava eme kpuie. 19Mele nya siawo katã gblɔm na mi bena ne wova eme la, miaxɔ dzinye ase.

20“Mele egblɔm na mi la nyateƒe me be, ame si laxɔ ame si medɔ la, nyee wòxɔ, eye ame si laxɔm la, xɔ ame si dɔm ɖa.”

Yesu gblɔ nya ɖi tso eyomemɔfiala ŋu

(Mateo 26:20-25; Marko 14:17-21; Luka 22:21-23)

21Azɔ Yesu gblɔ kple vevesese gã aɖe be, “Le nyateƒe me la, mia dometɔ ɖekae adem asi.” 22Nya siawo na be nusrɔ̃la ɖe sia ɖe trɔ kpɔ nɔvia ƒe ŋkume. Wonɔ ame si wòwɔnɛ la dim be yewoanya.

23Nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, esi Yesu lɔ̃na vevie la, nɔ anyi ziɔ ɖe Yesu ŋu. 24Simɔn Petro wɔ dzesi nɛ gblɔ nɛ be, “Biae, mía dometɔ si ŋuti wòle nu ƒom tsoe.”

25Nusrɔ̃la la gaziɔ ɖe Yesu ŋu eye wòbiae be, “Aƒetɔ, ame kae?”

26Yesu ɖo eŋu nɛ bena, “Eyae nye ame si matsɔ abolo kakɛ sia asisi detsi atsɔ ana.” Tete wòtsɔ abolo kakɛ la sisi detsi hetsɔe na Simon vi, Yuda Iskariot.

27Esi Yuda ɖu aboloa vɔ ko la, Satana ge ɖe eme. Yesu gblɔ nɛ be, “Ɖe abla nàyi aɖawɔ nu si nèɖo la.”

28Ke nusrɔ̃la mamlɛawo mese nya si gblɔm Yesu nɔ la gɔme o. 29Woawo ya bu be esi wònye Yudae nye yewo ƒe gadzikpɔla tae Yesu le edɔm be wòayi aɖaxe fe ɖe nu si ɖum yewole la ta loo alo wòayi aɖana ga ame dahewo. 30Yuda hã dzo le xɔa me enumake hege ɖe viviti la me.

Se yeye la

31Esi Yuda do go le xɔa me la, Yesu gblɔ be, “Ɣeyiɣi de be woaɖe Amegbetɔ Vi alo Mesia la ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go eye woaɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖe go to eya amea me. 32Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Mawu aɖe ŋutikɔkɔe sia ɖe go to menye. 33Vinye lɔlɔ̃wo, ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ene la, miadim gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã miate ŋu ava o.

34“Le esia ta la mele se yeye nam mi, si nye be, milɔ̃ mia nɔewo abe ale si nye hã melɔ̃ mii ene. 35Lɔlɔ̃ vavã si miatsɔ na mia nɔewo lae afia xexeame kɔtee be mienye nye nusrɔ̃lawo vavã.”

Wogblɔ nya ɖi tso Petro ƒe nugbegbe le Yesu ŋu ŋuti

(Mateo 26:31-36; Marko 14:27-31; Luka 22:31-34)

36Simɔn Petro biae be, “Aƒetɔ, afi kae nèyina?” Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Afi si meyina fifia la miate ŋu akplɔm ɖo ayi o, ke emegbe la, miava.”

37Petro gabiae be, “Nu ka tae nyemate ŋu akplɔ wò ɖo fifia o? Nye la mele klalo be maku ɖe tawò.”

38Yesu ɖo eŋu nɛ be, “Èka ɖe edzi be àte ŋu aku ɖe tanyea? Nyateƒe wònye gblɔm mele na wò be hafi koklo naku atɔ zi gbãtɔ etsɔ fɔŋli la, àgbe nu le gbɔnye zigbɔzi etɔ̃ be yemenyam o.”

Copyright information for EweBEE